Mark 9:14-29

Yesu da gbe le ŋutsuvi, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, ŋu

(Mateo 17:14-20; Luka 9:37-43)

14Wova ɖo toa te eye wokpɔe be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la asieke mamleawo. Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nuka hem kpli wo. 15Esi ameha la kpɔ Yesu la vɔvɔ̃ lé wo ke woƒu du yi egbɔ be yewoaɖado gbe nɛ. 16Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?”

17Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. 18Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, etsɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe eye futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ; eɖua aɖukli eye eya ame bliboa ƒe lãme liana sesĩe. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ sia le eme gake womete ŋui o.”

19Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “Mi xɔse ʋeetɔ siawo, ŋkeke nenie wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Ale ke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”

20Ale wokplɔ ɖevi la yii na Yesu. Gake kaka wòakpɔ Yesu ko la gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.

21Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣekaɣi ke wòle dɔ sia lém?” Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke, 22Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wodzea dzo me alo tsi me eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, eye ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”

23Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”

24Fofo la ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!” 25Yesu kpɔ be ameha la nɔ dzidzim ɖe edzi eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “O, gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be nàdo go le ɖevi sia me enumake eye mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”

26Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevia nublanuitɔe eye wòdo go le eme. Azɔ ɖevia fa miamiamia ɖe anyigba eye wòli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be, eku. 27Ke Yesu lé eƒe alɔnu eye wòna wòtsi tre eye nukutɔe la eƒe lãme sẽ. 28Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ ma dogoe o?”

29Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”

Copyright information for EweBEE